Matthew 8

Yesu yɔ dɔ anyidzela aɖe

(Marko 1:40-45; Luka 5:12-16)

1Esi Yesu ɖi tso togbɛa dzi gbɔna la, ameha gã aɖe kplɔe ɖo hoo. 2Kasia anyidzela aɖe zɔ tẽ va dze klo ɖe ekɔme, eye wòde ta agu nɛ heɖe kuku nɛ be, “Aƒetɔ, ne èlɔ̃ la, yɔ dɔm ne ŋutinye nakɔ.” 3Enumake Yesu ka asi ŋutsua ŋu gblɔnɛ bena, “Ẽ, melɔ̃. Ŋutiwò nekɔ.” Ale anyidɔ la bu le eŋuti enumake.

4Yesu yi dzi gblɔ nɛ bena, “Mègatɔ be yeaƒo nu na ame aɖeke o, ke boŋ dze mɔ enumake nàyi Osɔfowo gbɔ be woado wò akpɔ, eye ne èyina la tsɔ nunana si Mose ƒe se bia tso anyidɔléla siwo ƒe ŋuti kɔ si la ɖe asi. Esia afia amewo katã be èkpɔ dɔyɔyɔ vavã.”

Yesu da gbe le Kapernaum ʋafia la ƒe dɔla ŋuti

(Luka 7:1-10; Yohanes 4:43-54)

5Esi Yesu va ɖo Kapernaum la, Roma srafowo ƒe amegã aɖe va egbɔ va ɖe kuku ne vevie be woakpe ɖe ye ŋu. 6Egblɔ be, “Aƒetɔ, nye dɔla le lãmetutudɔ lém, emlɔ anyi ɖe aƒeme eye wòle vevesese gã aɖe me.”

7Yesu gblɔ nɛ bena, “Enyo, megbɔna be mada gbe le wò dɔnɔ la ŋu na wò.”

8Ke aʋafia la ya gblɔ nɛ bena, “Aƒetɔ, nyemedze be nàva nye aƒeme o, eye mehiã be nàva hã o. Boŋ la, gblɔ nya ɖeka ko eye nye dɔla la ƒe lãme asẽ. 9Elabena nye hã mele kpɔkplɔ te eye asrafowo le nye hã tenye. Mete ŋu gblɔna na ame sia be, ‘Heyi’, eye wòyina, alo mete ŋu gblɔna na ame kemɛ be, ‘Va,’ eye wòvana. Nenema ke megblɔna na nye subɔvi be, ‘Wɔ nu si kple ekemɛ’ eye wòwɔnɛ.”

10Yesu ƒe nu ku le aʋafia la ƒe nyawo ŋuti, azɔ etrɔ ɖe ameha la ŋu gblɔ bena, “Le nyateƒe me la, nyemekpɔ xɔse sia tɔgbi le Israel nyigba dzi kpɔ o. 11Mele egblɔm na mi bena, ame geɖewo atso xexeame ƒe dzogoe eneawo katã dzi age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me, eye woanɔ anyi kple Abraham, Isak kpakple Yakɔb. 12Ke Israelvi geɖewo, ame siwo wodzra Fiaɖuƒea ɖo ɖi na ya la woatsɔ wo aƒu gbe ɖe viviti tsiɖitsiɖi la me, afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.” 13Yesu gatrɔ ɖe Roma srafowo ƒe amegã, ŋu azɔ hegblɔ nɛ bena, “Heyi aƒe me, nu si nèxɔ se be ate ŋu ava eme la, va eme xoxo.” Le ɣeyiɣi si me Yesu nɔ nya siawo gblɔm la, dɔla la ƒe lãme sẽ.

Yesu da gbe le Petro lɔ̃xo kple dɔléla bubu geɖewo ŋuti

(Marko 1:29-34; Luka 4:38-41)

14Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va Petro ƒeme la, ekpɔ Petro lɔ̃xo wònɔ anyimlɔƒe le ŋudza sesẽ aɖe lém. 15Yesu ka asi eƒe asi ŋu eye eƒe lãme sẽ enumake. Ale wòtso yi ɖaɖa nu va ɖo wo kɔme.

16Gbe ma gbe ƒe fiẽ la, wokplɔ ame geɖe siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔ fu ɖem na la va Yesu gbɔe, eye ne wògblɔ nya ɖeka ko la gbɔgbɔ vɔ̃awo doa go le ameawo me hesina dzona. Ale dɔnɔwo katã ƒe lãme sẽ. 17Esia wu nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyawo nu be, “Etsɔ míaƒe vevesesewo eye wòde ta míaƒe dɔlélewo te.”

Yesu yomedzelawo ƒe fukpekpe

(Luka 9:57-62)

18Esi Yesu va kpɔe bena ame geɖewo ŋutɔ wu ganɔ ye gbɔ vam la, edɔ eƒe nusrɔ̃lawo be woadi ʋu aɖe vɛ ne yewoatsɔ atso ƒu lae ayi eƒe go evelia dzi.

19Hafi wòaɖe nu le nya sia me la, Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖe va egbɔ va gblɔ nɛ bena, “Nufiala, nye la makplɔ wò ɖo ayi afi sia afi si nàyi la.” 20Yesu ɖo eŋu nɛ bena, “Abeiwo la do le wo si wonɔa eme, xeviwo la atɔ le wo si wonɔa eme, gake nye Mesia la, teƒe aɖeke meli maziɔ ta ɖo o.”

21Ame bubu aɖe si nye eyomedzelawo dometɔ ɖeka la hã gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, ɖe mɔ nam mayi aɖaɖi fofonye hafi atrɔ va nɔ yowòme.”

22Yesu ɖo eŋu na ame sia hã bena, “Dze yonyeme fifia eye nàɖe asi le ame siwo ku le gbɔgbɔ me la ŋu be woaɖi woƒe ame kukuwo.”

Yesu tsi ahom nu le ƒudzi

(Marko 4:35-41; Luka 8:22-25)

23Azɔ ege ɖe ʋu aɖe me eye eya kple eƒe nusrɔ̃lawo dze mɔ ɖo ta ƒua ƒe go evelia dzi. 24Kasia, ahom dziŋɔ aɖe de asi tutu me, eye ƒutsotsoewo de asi ŋeŋe me ɖe ʋua me. Le ɣeyiɣi sia katã me la, Yesu ŋutɔ ya nɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. 25Nusrɔ̃lawo te ɖe eŋu enumake. Woʋuʋui sesĩe eye, wogblɔ nɛ kple ɣli bena, “Aƒetɔ, ɖe mí! Míele nyɔnyrɔm!” 26Yesu gblɔ na wo be, “O, mi xɔseʋeetɔwo! Nu ka wɔ miele dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃ ale?” Azɔ etsi tre eye wòblu ɖe ahom la ta. Ya sesẽ la tɔ enumake eye ɖoɖoe zi toŋtoŋtoŋ le ƒua dzi.

27Nusrɔ̃lawo ƒe nu ku ŋutɔ ale wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame ka gɔ̃e nye esia, be yaƒoƒo kple ƒu hã ɖoa toe mahã?”

Yesu da gbe le Gadaratɔ, gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ aɖe, ŋu

(Marko 5:1-20; Luka 8:26-39)

28Esi wova ɖi go ɖe ƒua ƒe go kemɛ dzi le Gadaratɔwo ƒe anyigba me la ame eve siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo xɔ aƒe ɖo la ƒu du va kpee. Ame eve siawo ƒe nɔƒe enye ameɖibɔ aɖe si le afi ma la me. Ne gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖo mo na wo la wowɔa nu baɖa, baɖawo ale be ame aɖeke megatea ŋu toa afi ma lɔƒo o.

29Esi wokpɔ Yesu la wode asi ɣlidodo me be, “Nu ka dim wò Mawu Vi nèle le mía gbɔ. Ɖe nèva be yeawɔ fu mí hafi ɣeyiɣia naɖoa?” 30Le ɣemaɣi me la aƒehawo ƒe ha gã aɖe nɔ nu ɖum le afi ma lɔƒo. 31Ale gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu gblɔ nɛ be, “Ne ènya mí do goe le ame siawo me la na míayi aɖage ɖe ha mawo me.”

32Yesu gblɔ na wo bena, “Meɖe mɔ na mi, eya ta mido le ameawo me kaba!”

Ale gbɔgbɔ vɔ̃awo do go le ame eveawo me yi ɖage ɖe hawo me, enumake hawo katã woƒu du sesĩe yi ɖage ɖe atsiaƒu si le afi ma la me doo eye wono tsi ku.
33Hakplɔlawo ŋutɔ lé du tsɔ sesĩe yi du si te ɖe afi ma ŋu la me eye wogblɔ nu si dzɔ la na dua me tɔwo. 34Ale le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe la, dua me tɔwo katã do bibibi va ƒo zi ɖe Yesu ŋu. Esi wokpɔe la, woɖe kuku nɛ vevie be wòadzo le yewo ƒe anyigba me.

Copyright information for EweBEE